Romans 1

1Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo le Roma: Agbalẽ sia tso Paulo, Yesu Kristo ƒe kluvi, ame si wotia be wòanye mawunyadɔgbedela eye wodɔe ɖa be wòaɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la, gbɔ.

2Mawu ƒe nyagblɔɖilawo do nyanyui sia ŋugbe xoxoxo le Nubabla Xoxoa me. 3Enye nyanyui tso Via, Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ, ame si va xexeame abe amegbetɔ ene eye wodzii ɖe Fia David ƒe fiaƒomea me la ŋu. 4Esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, wofia be eyae nye Mawu Vi ŋusẽtɔ la eye Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme kɔkɔe la nɔ eme.

5Azɔ la, to Kristo me la, wokɔ Mawu ƒe dɔmenyo ɖe mí nu vɔ̃ wɔla madzemadzewo dzi, eye azɔ la ele mía dɔm ɖe xexeame godoo be míagblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na xexeame la na amewo katã le afi sia afi, ale be woawo hã naxɔ edzi ase eye woaɖo toe. 6Eye miawo hã miele ame siwo woyɔ be woanye Yesu Kristo tɔwo la dome. 7Ŋutifafa kple amenuveve tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ na mi katã le Roma, ame siwo Mawu lɔ̃ eye wòyɔ mi be miazu ame kɔkɔewo.

Paulo ƒe didi vevi be yeayi Roma

8Mina magblɔe na mi gbã be teƒe ɖe sia ɖe si meyi la, mesea amewo nɔa nu ƒom tso mia ŋu, elabena amewo le nu nyam le xexeame godo tso miaƒe xɔse ŋu. Medaa akpe na Mawu to Yesu Kristo dzi le ɖaseɖiɖi nyui sia sese ta eye megadaa akpe ɖe mia dometɔ ɖe sia ɖe ta. 9Mawu nya ale si medoa gbe ɖa enuenu ɖe mia tae. Metsɔa miawo kple miaƒe hiahiãwo yia gbedodoɖa me zã kple keli na ame si mesubɔna kple nye ŋusẽ katã, eye megblɔa nyanyui la tsoa Via ŋu na ame bubuwo.

10Nu siwo mebiana to gbedodoɖa me la dometɔ ɖekae nye be makpɔ mɔnu, ne Mawu lɔ̃ la, mava kpɔ mi ɖa mlɔeba la, eye ne adze edzi la, mazɔ mɔ la dedie.

11Mele didim vevie be mava kpɔ mi ɖa ale be matsɔ gbɔgbɔmenunana aɖe si ado ŋusẽ mi la ana mi, 12hekpe ɖe esia ŋu be nye kple miawo siaa míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse.

13Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le Trɔ̃subɔlawo ƒe ha bubuwo me ene. Gake esia mete ŋu dze edzi o, 14elabena menyi fe le ame sia ame si, ŋkuʋuʋutɔwo kple ŋkumaʋumaʋutɔwo, ame siwo wohe kple ame siwo womehe o siaa si. 15Eya ta ne mate ŋui ko la, mele klalo be mava miawo hã gbɔ le Roma be magblɔ Mawu ƒe nyanyui la na mi.

16Elabena nyanyui si tso Kristo ŋuti mekpea ŋu nam o. Eyae nye Mawu ƒe mɔ si ŋu ŋusẽ le si dzi Mawu ato akplɔ ame siwo xɔ edzi se la ayi dziƒo. Gbã la, wogblɔ nya siawo na Yudatɔwo ɖeɖe ko, ke azɔ la wole ame sia ame yɔm be wòava Mawu gbɔ to mɔ ma ke dzi. 17Nyanyui sia le gbɔgblɔm na mí be Mawu dzraa mí ɖo hena dziƒoyiyi eye wònaa míawo kple Mawu dome kɔna, ne míexɔ Kristo dzi se be aɖe mí. Xɔsee wɔa nu sia tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu. Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame si akpɔ agbe la, akpɔe ato mawudzixɔse me.”

Mawu ƒe dziku ɖe amegbetɔ ŋu

18Woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖinyenye me. 19Elabena nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu me kɔ na wo keŋ, elabena Mawu kɔ eme na wo. 20Elabena tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔa kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.

21Togbɔ be wonya Mawu hã la, womesubɔnɛ alo daa akpa nɛ abe Mawu ene o ke boŋ woƒe tamesusuwo zu nu dzodzro eye woƒe dzi manyanu la me do viviti. 22Togbɔ be wobu be yewonye nunyalawo hã la, wonye bometsilawo boŋ, 23elabena wotsɔ Mawu makumaku la ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li aklamakpakpɛwo be wòanɔ abe amegbetɔ, dziƒoxeviwo kple lã afɔenewo kpakple nutatawo tɔ ene.

24Eya ta, le woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe didi nu la, Mawu tsɔ wo de asi na ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye be woado ŋunyɔ woƒe ŋutilãwo kple wo nɔewo. 25Wotsɔ Mawu ƒe nyateƒe la ɖɔ li aʋatsoe; wosubɔa eye wodea ta agu na nuwɔwɔwo wu wo Wɔla, ame si wòle be woakafu tegbetegbe. Amen.

26Le esia ta Mawu tsɔ wo de asi na dzodzro vɔ̃wo; woƒe nyɔnuwo gɔ̃ hã tsɔ nu siwo menye dzɔdzɔmenuwo o la, ɖɔ li dzɔdzɔmenuwoe le gbɔdɔdɔnyawo gome. 27Nenema ke woƒe ŋutsuwo hã ɖe asi le dzɔdzɔme ƒe kadodo si le ŋutsu kple nyɔnu dome ŋu eye woƒe lãme fiena ɖe wo nɔewo ŋu. Ale ŋutsu wɔa ŋunyɔnu kple ŋutsu bubuwo. Ale woxɔ woƒe ŋukpenanuwo ƒe fetu ɖe woƒe ŋutilã me.

28Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o. 29Ale wo ameawo me yɔ fũu kple vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi, nu tovo wɔwɔ, ŋukeklẽ kple gbɔ̃didi ame ɖokui. Nenema ke ŋuʋaʋã, hlɔ̃dodo, dzrewɔwɔ, beble kple vɔ̃ediname hã yɔ wo me fũu. Wonye ameŋunyagblɔlawo, 30ameŋugblẽlawo, ame siwo léa Mawu ɖe ke me, amemabulawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, ame siwo toa nu gbegblẽ yeyewo wɔwɔ vanɛ, ame siwo meɖoa to wo dzilawo o. 31Wonye numanyalawo, dzimaxɔsetɔwo, nublanuimakpɔlawo kple tamesesẽtɔwo.

32Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenema nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.

Copyright information for EweBEE